Romans 5:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale si nu vɔ̃ va xexea me to ame ɖeka dzi, eye ku va to nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nenema ke ku va amewo katã dzi, elabena wo katã wɔ nu vɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu vɔ̃ to ame ɖeka ko dzi ge ɖe xexea me, eye ku to nuvɔ̃ dzi va. Ale ku kaka ɖe amegbetɔƒomea katã dome elabe ame sia ame wɔ nuvɔ̃.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
To Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nu vɔ̃ ge ɖe amegbetɔƒome blibo la me. Eƒe nu vɔ̃ he ku va xexe blibo la me, ale nu sia nu de asi tsitsi kple kuku me, elabena ame sia ame wɔ nu vɔ̃.