Romans 6:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro vɔ̃wo dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta migana nuvɔ̃ naɖu dzi azɔ le miaƒe ameti si le kuku ge la me, ale be wòazi mia dzi miawɔ eƒe didiwo dzi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã dzi azɔ o, eye migana nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo naɖu mia dzi o.