Romans 6:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Akpe na Mawu kakaka! Elabe mi ame siwo nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, mieva xɔ nufiafia sia kple dzi blibo hele edzi wɔm pɛpɛpɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mida akpe na Mawu be togbɔ be mietia tsã be yewoanye kluviwo na nu vɔ̃ hã, azɔ la, mietsɔ miaƒe dzi blibo xɔ nufiafia si Mawu tsɔ na mi.