Romans 6:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele nu ƒom ko, abe amegbetɔ ene, le ale si amegbetɔ gbɔdzɔnae ta, be miate ŋu ase eme. Nu si mewɔnɛ lae nye be, tsã la, mieɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu, eye wozu kluviwo nɔ nu makɔmakɔ kple nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi wɔm. Nenema ke migaɖe asi le miaƒe ŋutinuwo ŋu fifia hã, be woanye kluvi siwo awɔ nu dzɔdzɔe, esi fia be woawɔ nu si le kɔkɔe la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mele nu ƒom alea eye metsɔ kluviwo kple aƒetɔwo le kpɔɖeŋu ɖom elabena wo gɔmesese le bɔbɔe. Abe ale si mienye kluviwo tsã na nu vɔ̃ vovovowo ene la, nenema kee wòle be miatsɔ mia ɖokuiwo awɔ kluviwo azɔ na nu siwo katã nyo eye wole kɔkɔe.