Romans 7:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Ke boŋ nu vɔ̃ lae, bena wòadze ƒãa be etsɔ nu nyui wɔ ku nam, be to sedede la me la, nu vɔ̃ navɔ̃ɖi ɖe edzi ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ekem ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Hafi nuvɔ̃ la boŋ ye, bene wòadze ƒã abe nuvɔ̃ ene, tso nu nyui la wo ku nam, bene nuvɔ̃ la navɔ̃ɖi ɖe dzi ŋuta to sedede la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema nu nyui siae zu ku nama? Ao, menye nenema o. Ke boŋ nuvɔ̃e wɔ nu nyui la ŋudɔ tsɔ he ku vɛ nam. Ale si nuvɔ̃ nye nuvɔ̃ɖi la dze ƒã le esia me be etoa se la ŋutɔ me gavɔ̃ɖina ɖe edzi wu gɔ̃.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ale ke nu sia ate ŋu ava emee? Menye se lae hem de tsɔtsrɔ̃ mee nye ema oa? Ekema ale ke wòate ŋu anye nu nyui? Ao, enye nu gbegblẽ kple nu vɔ̃, nu si wɔ nu nyui ŋudɔ eye wòna wobu fɔm. Ale miate ŋu akpɔ ale si wònye nu vɔ̃ɖi si ate ŋu ahe ku vɛ eye wòle be woatsri eŋudɔwɔwɔ, elabena ewɔa Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔ hena eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖiwo.