Romans 7:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nusi ke mewɔna la, nyemenyae o; elabena menye nusi melɔ̃na la, mewɔna o, ke nusi meléa fu la, eya ke mewɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye ŋutɔ nyemesea nye nuwɔna gɔme o. Nu si medi be mawɔ la, menye eyae mewɔna o, ke nu si melé fui la boŋ mewɔna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nyemese ɖokuinye gɔme kura o elabena medina vevie be mawɔ nu si nyo, gake nyemetea ŋui o. Mewɔa nu si nyemedina be mawɔ o. Melé fu nu sia.