Romans 7:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menya be nu nyui aɖeke mele nye ŋutɔ menye o, le ale si medzɔ abe amegbetɔ ene la ta. Togbɔ be medina vevie be mawɔ nu nyui hã la, nyemete ŋu wɔnɛ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menya be menye ame gbegblẽ le goawo katã me le ale si nye dzɔdzɔme si nye nu vɔ̃ xoxoa sɔŋ le la ta. Nye agbagbadzedze ɖe sia ɖe metea ŋu naa mewɔa nu nyui o. Medina be mawɔ nu nyui gake nyemetea ŋu wɔnɛ o.