Romans 7:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ne srɔ̃nyɔnu la gale ŋutsu bubu gbɔ dem esime srɔ̃ŋutsu la le agbe la, ekema nyɔnu la nye ahasiwɔla; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, ekema srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, meganye ahasiwɔla o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ne ede ŋutsu bubu gbɔ, esime srɔ̃a le agbe la, ekema ezu ahasitɔ. Ke ne srɔ̃a ku la, se sia megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, mewɔ ahasi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema ate ŋu aɖe ŋutsu bubu ne elɔ̃. Nyɔnu la ada vo ne ŋutsu la le agbe, ke nu sia sɔ le go sia go me le ŋutsu la ƒe ku megbe.