Romans 7:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe esime míenɔ agbe ɖe dzɔdzɔme nu la, didi vɔ̃, siwo se la nyɔna le míaƒe ŋutilã me la wua mí.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi miaƒe nɔnɔme xoxoa nɔ mia me la, dzodzro vɔ̃ɖiwo nɔ dɔ wɔm le mia me, eye wonaa miedina be yewoawɔ nu siwo Mawu di be miagawɔ o. Ale mietsea nu vɔ̃ ƒe kutsetse siwo nye ku ƒe kutsetse gbegblẽwo.