Romans 8:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la agbɔ agbe miaƒe ŋutilã siwo kuna la to eƒe Gbɔgbɔ si le agbe le mia me la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si no mia me la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe Gbɔgbɔ le mia me la, ekema eya, ame si fɔ Kristo ɖe tsitre la, agbɔ agbe miawo hã miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la, to eƒe Gbɔgbɔ si le mia me la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ana miaƒe ŋutilã kukuawo naganɔ agbe le miaƒe ku megbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke si le agbe le mia me la dzi.