Romans 8:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, “ Abba, Fofo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye gbɔgbɔ, si nɔa kluviwo me la wotsɔ na mi, bene mianɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si nɔa viwo mee miexɔ. Esia ta ne míedo ɣli be: “Aba, Tɔ́!” la,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta mele be míanɔ abe kluvi vɔvɔ̃nɔtɔwo ene o, ke boŋ míawɔ nu abe Mawu ŋutɔ vi siwo wòxɔ ɖe eƒe ƒome la me eye míeyɔnɛ be, “Fofo, Aba” ene.