Romans 8:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke nenye be Mawu viwo míenye la, ekema Mawu ƒe domenyilawo hã míenye, eye míanyi dome kple Kristo. Ale si míekpe fui abe Kristo ene la, nenema kee woado míawo hã ɖe dzi abe eya ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye esi míenye viawo ta la míakpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me elabena nu siwo katã Mawu naa Via Yesu la, zu míawo hã tɔ azɔ. Ke ne míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ele be míakpɔ gome le eƒe fukpekpe hã me.