Romans 8:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe wobu fɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be wonye nu maɖinuwo, ke menye le wo ɖokui si o; Mawu ŋutɔe ɖoe be wòanɔ nenema. Ke hã la, mɔkpɔkpɔ sia li,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena nuwɔwɔ blibo la le teteɖeanyi gã aɖe me, nu si menye eƒe didi o ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ