Romans 8:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke menye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ɖeɖe ko hãe o, ke boŋ mí ame siwo do ŋgɔ ɖɔ Gbɔgbɔ la ƒe nunanawo kpɔ la hãe. Míele ŋeŋem le mía ɖokui me, hele lalam be woaɖe míaƒe ŋutilã be míazu viwo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mí kristotɔwo gɔ̃ hã, togbɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me eye wònye ŋutikɔkɔe si le mía ŋgɔ ƒe ɖeɖefia na mí hã la, míawo hã míedina vevie be woaɖe mí tso vevesese kple fukpekpe me. Míawo hã míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke ma gbe sia gbe. Mawu ana nu siwo nye mía tɔ abe viawo ene la mí. Nu siawo dometɔ ɖekae nye ŋutilã yeye siwo ŋugbe wòdo na mí. Ŋutilã siawo magalé dɔ o eye womaku gbeɖe o.