Romans 8:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alea tututue Gbɔgbɔ la kpena ɖe mí ame siwo gbɔdzɔ la hã ŋui, elabe míenya ale si míado gbe ɖa wòadze Mawu ŋu o. Ke Gbɔgbɔ la ŋutɔe xɔa nya ɖe mía nu le Mawu gbɔ kple ŋeŋe manyagblɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenema ke to míaƒe xɔse me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe xaxawo kple gbedodoɖawo me. Elabena míenyaa nu si míabia to gbedodoɖa me gɔ̃ hã loo alo ale si miado gbe ɖae o. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la doa gbe ɖa ɖe mía ta kple seselelãme si tɔgbi ŋu womate ŋu aƒo nu le o.