Romans 8:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame si dzroa míaƒe dziwo me la nyaa nu si Gbɔgbɔ la le didim, elabena Gbɔgbɔ la xɔa nya ɖe akɔ na Mawu ƒe amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amesi dzroa dziwo me kpena la, enya nusi nye Gbɔgbɔ la ƒe didi, elabena exɔa nya ɖe ame kɔkɔewo nu, alesi dzea Mawu ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu, ame si dzroa amewo katã ƒe dzime kpɔna la, nya Gbɔgbɔ la ƒe didi, elabe Gbɔgbɔ lae xɔa nya ɖe ame siwo ŋu wokɔ la nu, abe ale si Mawu ŋutɔ ɖoe la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye Fofo la, ame si nyaa dziwo katã me la, nyaa nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esime wòɖea kuku ɖe mía ta le nu siwo sɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi la ta.