Romans 8:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si se la mete ŋu wɔ o, elabe ŋutilã la xɔ ŋusẽ le esi la, eyae Mawu wɔ azɔ. Edɔ Via ɖa le amegbetɔ ƒe ŋutilã, si wɔa nuvɔ̃ la me, ɖe nuvɔ̃ ta, eye wòva bu fɔ nuvɔ̃ heɖee ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Womeɖea mí tso nu vɔ̃ ƒe asime to Mawu ƒe seawo nyanya me o, elabena míewɔa seawo dzi o, eye míate ŋu awɔ wo dzi hã o. Ke Mawu wɔ ɖoɖo bubu aɖe ŋudɔ be yeaɖe mí. Eɖo eya ŋutɔ via ɖa wònɔ ŋutilã me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ le míawo ya ƒe ŋutilã ŋu. Eɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ si wòkpɔ ɖe mía dzi la ɖa to eɖokuitsɔtsɔ sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta me.