Romans 8:34 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xa mí ɖe akɔ hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe ame aɖe ate ŋu abu fɔ mía? Kristoe nye ame si ku; ke, gawu la, eyae nye ame si wofɔ ɖe tsitre hã, ame si le Mawu ƒe ɖusime, eye wòxɔa nya ɖe mía nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema ame kae abu fɔ mí? Đe Kristo awɔ esia? Ao! Elabena eyae nye ame si ku ɖe mía ta eye wògatsi tsitre na mí; ebɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.