Romans 8:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Susu si ŋutilã la kplɔna la nye adika na Mawu, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe seawo te o, eye mate ŋui hã o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ame si bua nu siwo ŋutilã di la ɖeɖe ko ŋu la, zua Mawu ƒe futɔ, eye mewɔa Mawu ƒe se dzi o. Le nyateƒe me la, mate ŋui hã o vavã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena míaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Dzɔdzɔme sia mewɔ Mawu ƒe sewo dzi kpɔ o, eye mawɔe hã o.