Romans 8:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ la xɔ anyinɔ ɖe mia me keŋ la, miegale agbe ɖe nu si ŋutilã di la nu o, ke boŋ nu si Gbɔgbɔ la di la nue miele agbe le. Ame si me Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele o la, menye Kristo tɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke miawo miele nenema o. Ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me la, ekema miele miaƒe dzɔdzɔme yeye la te. Miɖo ŋku edzi be ame sia ame si me Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele o la, ame ma menye kristotɔ o.