Romans 9:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti azɔ metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu, si kpɔa nublanui la gbɔ boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale be menye ame aɖe ƒe lɔlɔ̃nu alo eƒe agbagbadzedze ŋu tiatia la ku ɖo o, ke boŋ ale si Mawu vea ame nui ŋu wòku ɖo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale womenaa Mawu ƒe yayra ame elabena amea di be woayra ye alo ku kutri be yeaxɔ yayra la o. Wonaa yayra siawo elabena Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòdi be yeakpɔ nublanui na.