Romans 9:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ame si Mawu di be yeakpɔ nublanui na la, eyae wòkpɔnɛ na, eye ame si wòdi be yeana wòasẽ to la, eyae wònana wòsẽa to.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale miekpɔ be Mawu nyo dɔme na ame aɖewo elabena edi be yeanyo dɔme na wo eye wònaa ame aɖewo sẽa dzime.