Romans 9:30 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ nuka gblɔ ge mialã? Trɔ̃subɔla, siwo menɔ dzɔdzɔenyenye yome o la, ƒe asi su dzɔdzɔenyenye dzi; ke xɔse mee dzɔdzɔenyenye la tso;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka koŋ wònye gblɔm mele? Mebe ame siwo menye Yudatɔwo o, eye womele ʋiʋlim be yewoawɔ nu dzɔdzɔe o la, va zu ame dzɔdzɔewo, le xɔse si le wo si la ta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya kawo míagblɔ tso nu siawo ŋu? Nu si míagblɔ koe nye be Mawu na mɔnukpɔkpɔ Trɔ̃subɔlawo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be womenɔ Mawu dim vevie o hã.