Romans 9:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti? Elabena womedii tso xɔse me o, ke wodii tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me; wokli nukikli ƒe kpe la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka tae wòle nenema? Elabe wometsɔ xɔse di nu si wodi lae o, ke boŋ woɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe agbagbadzedze ŋu. Ale wokli kpe, si ame klina la,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu ka tae? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me eye yewoanɔ agbe nyui le esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe teƒe. Wokli kpe gã la dze anyi.