Ruth 1:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Naomi gblɔ na wo be, “Vinyenyɔnuwo, mitrɔ dzo. Nu ka ta miayi kplim ɖo? Ɖe mate ŋu adzi viŋutsuwo na mi miaɖea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Naomi gblɔ bena: Vinyewo, migbugbɔ! Nukaŋuti miebe, yewoayi kplim? Alo ŋutsuvie gale dɔ menam miava ɖea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Naomi gblɔ be: “Vinyewo, mitrɔ. Nu ka tae miebe yewoayi kplim? Ɖe vi gale dɔme nam, magadzi ŋutsuviwo miava ɖea?