Ruth 1:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Rut gblɔ bena: Megaƒoe ɖe nunye be, magblẽ wò ɖi agbugbɔ le yowòme o! Ke boŋ afisi nayi la, afima mayi; afisi natsi la, afima matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Rut ɖo eŋu nɛ be: “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo agbugbɔ le yowòme o. Elabe afi si nàyi la, afi ma ko nye hã mayi; afi si nànɔ la, afi ma ko nye hã manɔ; wò dukɔ anye nye dukɔ; wò Mawu anye nye Mawu;