Ruth 1:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa eveawo bena: Mitrɔ, eye mia dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe alesi mieve mía kple ame kukuawo nui ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be: “Mitrɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi nɔa ƒeme. Aƒetɔ nenyo dɔme na mi abe ale si miawo hã mienyo dɔme na nye kple ameyinugbeawo ene.