Ruth 2:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be: “Aƒetɔ, ame si nyoa dɔme na agbagbeawo kple kukuawo siaa la, neyrae.” Naomi yi edzi gblɔ nɛ be: “Míaƒe ƒometɔ kpamkpam ye nye ŋutsua. Ame siwo wòle be woaxɔ na mí la dometɔ ɖekae.”