Ruth 2:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ebia mɔm ŋdi sia be yeafɔ nuku siwo ge le nuku bablawo me, eye esia dzi ko wòle tso ŋdi ke, fifia koe wòle ɖiɖim ɖe eme vie le vɔvɔli ma te.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egblɔ nam bena: Na mafɔ nusiwo dzɔ ɖe nubablawo domee le nuxalawo yome la, aƒo ƒu na ɖokuinye. Ŋdi ke wòva hetsi anyi vaseɖe fifia, eye azɔ ko wòle gbɔgblɔm ɖe eme vie.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eva bia be yeanɔ luxalaawo yome anɔ lu si ge ɖi la fɔm. Tso ŋdi kanya, esi wòva la, dɔ dzi ko wòle; megbɔ ɖe eme vie hã kpɔ o.”