Ruth 4:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Boaz yi ɖanɔ dua ƒe ƒuƒoƒe, eye eteƒe medidi o la, ekpɔ Elimelek ƒe ƒometɔ si ƒe nya wògblɔ na Rut. Eyɔe gblɔ nɛ be, “Nɔvinye, va nɔ gbɔnye le afii; medi be matsɔ nya aɖe aɖo wò ŋkume.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Boas yi agbo nu hebɔbɔ nɔ afima. Eye kpɔ ɖa, srɔ̃ɖia, si ŋu Boas ƒo nu, le la, va yina, eye wògblɔ bena: Xɔ̃, va bɔbɔ nɔ afi! Eye wòyi ɖabɔbɔ nɔ anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Boaz yi takpeƒe le dua ƒe agbo nu ɖanɔ anyi ɖe afi ma. Kasia ƒometɔ si ŋu Boaz ƒo nu le lae nye esi va yina. Tete Boaz yɔe hegblɔ nɛ be: “Xɔ̃nye, te va nàva nɔ anyi.” Ale wòva nɔ anyi.