Ruth 4:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Boaz yi edzi be, “Ne èƒle anyigba la le Naomi si la, ekema ele na wò be nàɖe Rut, Moab nyɔnu la, ale be wòate ŋu adzi vi si alé srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ ɖe te, eye anyigba la nazu eƒe domenyinu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Boas gblɔ bena: Gbesigbe naxɔ agblea aƒle le Naomi si la, gbemagbe naxɔ Moab-nyɔnu Rut, si nye ame kuku la srɔ̃ hã, ne ame kuku la ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Boaz gblɔ nɛ be: “Ne èƒle anyigba sia le Naomi si la, nyae be yeaxɔ Rut, Moab-nyɔnu, ahosi la hã bene ameyinugbea ƒe ŋkɔ natsi domenyinuawo ŋu.”