Ruth 4:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Enye kɔnu le Israel ɣe ma ɣi be ne ame aɖe di be yeatsɔ yeƒe ɖuƒe na ame bubu la, ekema aɖe eƒe afɔkpa le afɔ atsɔ na amea le ɖasefowo ƒe ŋkume. Nuwɔna sia nye kpeɖodzi na amewo be nua zu ame evelia tɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsã la, ne wole nane xɔ ge le Israel, alo wole li ɖɔ gee, eye wobe, woaɖo kpe edzi la, ekema ame ɖeka ɖea afɔkpa tsɔna na nɔvia; esia nye ɖase le Israel.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsã la, ne ame aɖe le nane xɔ ge alo le nane ɖɔli ge le ame bubu gbɔ la, kɔnuae nye be ame ɖeka ɖea eya ŋutɔ ƒe afɔkpa tsɔna na ame si le nua xɔm la. Nuwɔna sia ɖoa kpe nu si wo ame evea wɔ la dzi, eye wònye nyametsonu le Israelviwo dome.