Song of Solomon 4:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! O, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene le wò moxevɔ la me. Wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo le ɖiɖim tso Gilead to dzi la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Èdze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe ŋutɔ. Wò ŋkuwo nye ahɔne ƒe ŋkuwo le moxevɔ la me. Wò ɖa le abe gbɔ̃hawoe tsyɔ akɔ anyi de Gilead-to kɔgo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe loo! Kpɔ ɖa, ènyakpɔna ale gbegbe! Wò ŋkuwo nye ahɔnɛwo le wò moxevɔ la godo. Wò ɖa le abe gbɔ̃hawoe le abu ɖim le Gilead-to ŋu ene.