Titus 1:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawo gblɔna be yewonya Mawu, ke woƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be ɖe wogbe nu le egbɔ boŋ. Wonye ame nyɔŋu, sẽto siwo medze na dɔ nyui aɖeke wɔwɔ kura o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wogblɔna be yewonya Mawu gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.