Titus 1:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele na hadzikpɔla, ame si le Mawu ƒe nuwo dzi kpɔm la be wòanye ame si ŋu mokaka mele o la. Mele be wòanye ame si dzea eɖokui ŋu, alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o. Mele be wòanye ame si noa aha muna, alo ame si wɔa nu gbodogbodo, alo ame si tsia dzi be yeakpɔ viɖe geɖe la o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ, Manye dadala alo ame si doa dziku kabakaba o, manye aha tsu nola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o.