Titus 1:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gawu la, ele be wòanye ame si lé nya vavã si dzi míexɔ se, eye wòsɔ kple nu si fiam míele la me ɖe asi sesĩe, ale be wòate ŋu afia nu ade dzi ƒo na amewo, eye wòate ŋu aɖu ame siwo ʋlia nya kplii la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.