Titus 2:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia wo hã be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
womagafi naneke aɣla o; ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui katã afia, bene woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womegafi nu suetɔ kekeake hã o, ke boŋ woneɖee fia be nuteƒewɔla siwo dzi woate ŋu axɔ ase bliboe lae yewonye, ale be nu sia nu si woawɔ la, nade bubu Mawu, mía Xɔla ƒe nufiafia la ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Fia wo hã be womagafi woƒe aƒetɔwo o ke boŋ woaɖee afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣesiaɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Đela, ŋu wòadze ame ŋu.