Titus 3:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dze agbagba nàdo mɔ senyala Zena kple Apolo hã kaba, eye nàkpɔ egbɔ be yedi nu siwo ahiã wo la na wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wɔ nu sia nu si nãte ŋui la be nãkpe ɖe Zena, senyala la, kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be woana nu sia nu si woahiã la wo.