Titus 3:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo, eye woabu ame sia ame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, wòaganye dzrehelawo o; woanye ame fetuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womegagblɔ ame ƒe nya vɔ̃e, alo anɔ dzre wɔm o, ke woanye ame fatuwo eye woatsɔ bubu tɔxɛ na amewo katã le nuwɔna ɖe sia ɖe me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo eye woabu ame sia ame.