Titus 3:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya sia nye nyateƒe. Medi be nàte gbe ɖe nya siawo dzi vevie, ale be ame siwo va xɔ Mawu dzi se la, naɖo tame be yewoawɔ dɔ nyuiwo. Esiawo nye nu nyuitɔwo kekeake, eye viɖe le wo me na amegbetɔwo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be nãte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.