Titus 3:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke madi be nàdze na movinyawo ʋiʋli, dzidzimexexlẽfia, amewo dome mama kple dzrewɔwɔ ɖe se la ta. Viɖe aɖeke mele wo me o. Yakanuwo sɔŋ ko wonye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Đe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ.