Zechariah 10:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ siwo wote ɖe anyi la ene, elabena kplɔla mele wo si o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe aklama kpakpɛwo ƒoa nu susu manɔmee eye bokɔwo kpɔa alakpanu; drɔ̃ekulawo lĩa aʋatsodrɔ̃ewo eye wofaa akɔ dzodzro. Eya ta dukɔ la le tsa glãla tsam abe alẽwo ene. Wowɔa funyafunya wo elabe kplɔla mele wo si o.