Zechariah 10:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nye dɔmedzoe bi ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mahe to na kplɔlawo, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la akpɔ Yuda ƒe aƒe, eƒe alẽha la ta, eye wòawɔ wo woanɔ abe sɔ si ŋu ŋusẽ le le aʋagbedzi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nye dɔmedzoe bi ɖe lãkplɔviwo ŋu, eye mahe to na gbɔ̃tsuwo elabena Yehowa Zebaot ava kpɔ Yuda ƒe aƒe, si nye eƒe lãha la ɖa, eye wòatsɔ wo awɔ eƒe sɔ, si woɖo atsyɔ̃ na le aʋa me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye dziku lé dzo ɖe alẽkplɔlawo ŋu eye mahe to na kplɔlawo elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la tsɔ le eme na Yuda, eƒe alẽha eye woatsɔ wo awɔ eƒe sɔ sesẽ siwo dzi wòada ɖo le aʋa me.