Zechariah 10:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe la, eye maxɔ na Yosef ƒe aƒe. Makplɔ wo agbɔe, elabe nye dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye woanɔ abe ɖe nyemegbe wo o ene, elabe nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.