Zechariah 11:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ nam bena; Tsɔ fetu gbogbo ma, si wohe, ye-wotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖeƒe la me. Tete metsɔ klosalo sekel blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔe ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me.” Ale metsɔ klosaloga bla etɔ̃ si wobu be eyae yewotsɔ de bubu ŋunye la da ɖe nudzraɖoƒe si le gbedoxɔ me la me.