Zechariah 12:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Makɔ amenuveve kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ ɖe David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo dzi. Woakpɔ nye, ame si wotɔ nui la dzi, woafa nɛ abe ale si wofana na vi ɖeka hɔ̃ɔ si ku la ene, eye woafa nɛ vevie abe ŋgɔgbevi si ku la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mana nublanuikpɔkpɔ kple gbedodoɖa ƒe gbɔgbɔ axɔ aƒe ɖe David ƒe aƒe kple Yerusalemnɔlawo me, eye woafɔ ŋku ɖe ame si wotɔ nui la dzi. Woafae abe ale si wofaa vi ɖeka hɔ̃ si ku na dzila ene. Woafae vevie abe dzila siwo ƒe ŋgɔgbevi ku na wo la ene.