Zechariah 12:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yerusalem anye ahamuametre na dukɔwo katã godoo; eye ne woɖe to ɖe Yerusalem la, Yuda hã anɔ eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem wòanye ahanotre si me aha muame le na dukɔ siwo ƒo xlãe godoo la. Woanoe amu anɔ mumum sagasaga. Ne futɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, woaɖe to ɖe Yuda hã.