Zechariah 12:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣemaɣl la Yehowa akpɔ Yerusalemtɔwo ta, woƒe ame beliwo anɔ ɣemaɣi abe Dawid ene, eye Dawid ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, abe Yehowa ƒe dɔla ene adze wo ŋgɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ atsɔ akpoxɔnu aƒo xlã Yerusalemnɔlawo ale be ame belitɔ kekeake le wo dome anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe anɔ abe Mawu ene; woanɔ abe Aƒetɔ ƒe dɔla ene, adze wo ŋgɔ.