Zechariah 13:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gbe ma gbe la, matsrɔ̃ legbawo le anyigba dzi eye ɖeke ƒe ŋkɔ magava tame na ame azɔ o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae le gblɔm. Maɖe gbeƒãɖelawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo ɖa le anyigba la dzi.