Zechariah 13:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ame aɖe abiae be, ‘Nu ka ƒe abiwoe nye esiwo le ŋutiwò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Mexɔ abi siawo le xɔ̃nyewo ƒe aƒe me!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne wogblɔ nɛ be: Abi kawoe nye esi le asi ŋu na wò hã la, aɖo ŋu be: Ɖe woƒom le xɔ̃nyewo ƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ ne ame aɖe biae be, ‘Nu ka ƒe abie le medome na wò?’ la, aɖo eŋu be, ‘Xɔ̃nyewo ƒe aƒemee mexɔ abia le.’ ”